Matthew 26:31-36

Yesu gblɔ nya ɖi tso Petro ƒe nugbegbe le egbɔ ŋuti

(Marko 14:27-31; Luka 22:31-34; Yohanes 13:36-38)

31Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Le egbe ƒe zã sia me la, mi katã mia kaka le ŋunye. Elabena woŋlɔe ɖe mawunya me bena, ‘Mele alẽkplɔla la wu ge eye alẽawo katã akaka gbẽe.’ 32Gake ne megagbɔ agbe la, mayi ɖe Galilea eye mado go mi le afi ma.”

33Petro tɔ asi akɔ gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame ka hlẽ le ŋuwò hã la, nye ya nyemadzo le gbɔwò gbeɖegbeɖe o.” 34Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, le nyateƒe me la, kasia ne koklo naku atɔ le fɔŋli me la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”

35Petro gaɖo eŋu kple kakaɖedzi be, “Ke ɖeko maku hafi agbe nu le gbɔwò” Azɔ nusrɔ̃la bubuawo katã hã gblɔ nenema.

Le Getsemane

(Marko 14:32-42; Luka 22:39-46)

36Ke Yesu kplɔ wo yi ɖe abɔ aɖe si woyɔna be Getsemane la me eye wògblɔ na wo be woabɔbɔ nɔ anyi alala ye vie. Esi wonɔ elalam la, ezɔ yi ŋgɔ vie be yeado gbe ɖa.
Copyright information for EweBEE